John 6

Yesu nyi ame akpe atɔ̃

(Mateo 14:13-21; Marko 6:30-44; Luka 9:10-17)

1Le esiawo megbe la, Yesu tso Galilea ƒu si woyɔna hã be Tiberia ƒu la yi egodo. 2Ameha gã aɖe nɔ eyome elabena wokpɔ nukunu siwo wòwɔ heda gbe le dɔnɔwo ŋu. 3Yesu lia togbɛ aɖe eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ anyi ɖe afi ma. 4Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyuie la hã te tu aƒe le ɣemaɣi me.

5Esi Yesu fɔ ta dzi la, ekpɔ ameha gã aɖe gbɔna ɖe egbɔ, etrɔ ɖe Filipo ŋu biae bena, “Filipo, afi kae míakpɔ nuɖuɖu le aƒle na ame gbogbo siawo?” 6Yesu gblɔ esia bena yeatsɔ ado Filipo ƒe xɔse akpɔ elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala.

7Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Míahiã ga home gã aɖe ŋutɔ ne míete kpɔ be míaƒle nuɖuɖu na ame siawo katã!”

8Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, Andrea, Simɔn Petro nɔvi, gblɔ nɛ bena, 9“Ŋutsuvi aɖe le afii si si abolo atɔ̃ kple tɔmelã memee eve le, gake nu ka esia ate ŋu awɔ le ameha gã sia ŋuti?”

10Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ame sia ame nanɔ anyi.” Ale ame siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ la nɔ anyi ɖe gbe dama le dzi. 11Yesu tsɔ aboloawo eye wòdo gbe ɖa heda akpe ɖe wo ta. Emegbe la etsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Edo gbe ɖa ɖe tɔmelã memee eveawo hã ta eye wòtsɔe na ameawo. Ale ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie.

12Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo bena, “Azɔ, miƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu bena womagazu vlo o.” 13Woƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu wòyɔ kusi wuieve sɔŋ.

14Esi ameawo kpɔ nukunu gã si Yesu wɔ la, wodo ɣli gblɔ bena, “Le nyateƒe me la ame siae nye Nyagblɔɖila si míele mɔ kpɔm na!”

15Yesu kpɔe dze sii bena ameawo nɔ didim be yewoalé ye aɖo fia sesẽtɔe eya ta ewɔ dzaa galia togbɛ la eye wòdzo le wo gbɔ.

Yesu zɔ ƒu dzi

(Mateo 14:22-27; Marko 6:45-52)

16Le fiẽme la, nusrɔ̃lawo yi ƒuta ɖanɔ elalam le afi ma. 17Zã do vɔ keŋ, gake Yesu medo ta ɖa o eya ta nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me eye wokui ɖo ta Kapernaum 18Ya sesẽ aɖe de asi ƒoƒo me eye ƒu la dze agbo. 19Esi woku ʋua abe kilometa atɔ̃ alo ade ko ene la, wokpɔ Yesu wòle tetem ɖe ʋua ŋuti, enɔ zɔzɔm le tsia dzi, ke nusrɔ̃lawo vɔ̃ ŋutɔ. 20Gake edo ɣli yɔ wo eye wògblɔ na wo bena, womegavɔ̃ o. 21Esi wonya be Yesue la, wokɔe de ʋua me eye enumake ʋua de tɔkɔ afi si yim wonɔ.

Yesue nye agbebolo la

22Le ŋufɔke la ameha la le tsitre ɖe ƒu la ƒe go keme dzi, eye wokpɔ bena ʋu bubu aɖeke megale afi ma o, negbe ɖeka ko, wokpɔ hã be Yesu meɖo ʋua kple eƒe nusrɔ̃lawo o, ke boŋ woawo ɖeɖe koe yi. 23Tete ʋu bubu aɖewo hã tso Tiberia va ɖo afi si ameawo ɖu abolo si Aƒetɔ la yra kple akpedada le 24eya ta ameawo nɔ ŋku lém ɖe wo me nɔ Yesu dim. Ke esi womekpɔ Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo le ʋuawo dometɔ aɖeke me o la, woɖo ʋuawo heyi Kapernaum be yewoaɖadii.

25Esi woɖo Kapernaum la, wokpɔ Yesu eye wobiae be, “Nufiala, ale ke nèwɔ hafi va do ɖe afi sia?” 26Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Le nyateƒe me la, miele diyem, menye kple susu be miexɔ dzinye se ta o, ke boŋ le nuɖuɖu si mena mi nyitsɔ la ta. 27Nuɖuɖu tea ŋu gblẽna, eya ta migatsi dzi ɖe nu siwo gblẽna la ŋu akpa o. Ke boŋ mitsɔ miaƒe ŋusẽ katã ti agbe mavɔ si Nye, Mesia alo Amegbetɔ Vi mana mi la yome. Elabena esia tae Mawu Fofo la ɖom ɖe xexeame.”

28Ameawo biae be, “Nu ka tututue míawɔ be wòadze Mawu ŋu?”

29Yesu gblɔ na wo be, “Enye Mawu ƒe didi be miaxɔ ame si wòɖo ɖe mi la dzi ase.”

30Tete ameawo biae be, “Nukunu ka nàwɔ míakpɔ be míaxɔ dziwò ase? Nu ka nàwɔ? 31Mía fofowo ɖu mana le gbea dzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ena abolo wo tso dziƒo be woaɖu.’”

32Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofonyee na aboloa wo, menye Mosee na wo o. Eya ta azɔ la ele Abolo vavãtɔ nam mi tso dziƒo. 33Abolo vavãtɔ siae nye Amegbetɔ, si Mawu ɖo ɖa tso dziƒo, eye ame sia na agbe xexeame katã.”

34Ameawo gagblɔ bena, “Aƒetɔ, na abolo vavã sia mí gbe sia gbe.”

35Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Nyee nye abolo vavã si naa agbe amewo. Ame sia ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ hã magawui gbeɖegbeɖe o. 36Gake nu si le fu ɖem na mi, abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene lae nye bena, togbɔ be miekpɔm hã la, miexɔ dzinye se o. 37Ke ame siwo Fofo la tsɔ nam la ava gbɔnye eye nyemagbe wo xɔxɔ gbeɖe o. 38Elabena ɖe metso dziƒo va bena mawɔ Mawu si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ke menye nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o. 39Mawu ƒe didie nye bena, nyemabu ame siwo wotsɔ nam la ƒe ɖeke o, ke boŋ be makplɔ wo va agbe mavɔ la mee le Nuwuwuŋkekea dzi. 40Enye Fofo la ƒe didi vevie hã be, ame sia ame si kpɔ Via eye woxɔ edzi se la, nakpɔ agbe mavɔ eye mafɔe ɖe tsitre le Nuwuwu ŋkekea dzi.”

41Azɔ Yudatɔwo de asi liʋiliʋĩlilĩ me le eŋu le ale si wògblɔ be yee nye abolo si tso dziƒo va la ta.

42Wodo ɣli hoo be, “Nu ka! Menye ame siae nye Yesu, Yosef vi la oa? Mienya fofoa kple dadaa ɖe! Ke nu ka koŋ gblɔm wòle fifia? Ɖe wòle gbɔgblɔm be dziƒoe yetso va?”

43Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Migalĩ liʋiliʋĩ be megblɔ nya sia ta o. 44Elabena ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo si dɔm ɖa lae hee ɖe ŋunye, eye le Nuwuwuŋkekea dzi la, mana ame siawo katã ƒomevi natsi tre. 45Abe ale si woŋlɔe ɖe mawunya mee ene la, ‘Woafia nu wo katã tso Mawu ŋuti.’ Ame siwo katã Fofo la ƒo nu na, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la, ava gbɔnye. 46Menye ɖe mele gbɔgblɔm be ame aɖeke kpɔ Mawu kpɔ ŋkume kple ŋkume o, elabena Nye, ame si tso Fofo la gbɔ la, koe kpɔe kpɔ.

47“Mele egblɔ na mi nyateƒetɔe be, ame sia ame si xɔ dzinye se la, agbe mavɔ le esi xoxo! 48Nyee nye agbebolo la! 49Togbɔ be mia fofowo ɖu mana si wona wo tso dziƒo hã la wo katã woku. 50Ke esiae nye abolo si ɖi tso dziƒo va, esi ame aɖu eye maku o. 51Nyee nye agbebolo si ɖi tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexeame ƒe agbe ta.”

52Azɔ ʋiʋli gaɖo Yudatɔwo dome tso nya si tututu gblɔm Yesu nɔ la ŋuti. Wobia wo nɔewo be, “Ale ke ŋutsu sia awɔ atsɔ eƒe ŋutilã ana mi be miaɖu?”

53Yesu gaɖo eŋu na wo bena, “Mele gbe tem ɖe edzi na mi nyateƒetɔe bena, ne ame aɖe meɖu Mesia alo amegbetɔ Vi la ƒe ŋutilã eye wòno eƒe ʋu o la, agbe mavɔ la mate ŋu anɔ eme o. 54Ke ame si ɖu nye ŋutilã eye wòno nye ʋu la, agbe mavɔ la le esi xoxo, eye eyae nye ame si mafɔ ɖe tsitre le Nuwuwuŋkekea dzi. 55Elabena nye ŋutilãe nye nuɖuɖu vavã la eye nye ʋue nye nunono vavã la. 56Ame sia ame si ɖua nye ŋutilã eye wònoa nye ʋu lae, nye ame si le menye eye nye hã mele eme. 57Nye la mele agbe, elabena Fofo gbagbe si dɔm ɖa la na ŋusẽm, eye nenema ke ame siwo ɖua nye ŋutilã la, anɔ agbe elabena mena agbe wo. 58Nyee nye Abolo vavã si tso dziƒo va, ame sia ame si aɖu Abolo sia ƒe ɖe la anɔ agbe tso mavɔ me yi mavɔ me, eye maku abe ale si mia fofowo ku togbɔ be woɖu abolo si tso dziƒo la hã ene o.” 59Yesu gblɔ nya siawo katã le esime wònɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum.

Nya la nye gbɔgbɔ kple agbe

60Eƒe nusrɔ̃lawo ŋutɔ gɔ̃ hã gblɔ bena, “Nyateƒe, Aƒetɔ ƒe nya siawo gɔmesese sesẽ ŋutɔ. Ame kae ate ŋu ase wo gɔme?”

61Yesu kpɔe dze sii be yeƒe nusrɔ̃lawo le luʋiliʋĩ lĩm, eya ta ebia wo bena, “Ɖe nye nyawo ɖia mia nua? 62Ne ele alea ɖe, ale ke miabu nenye be miekpɔ nye Mesia, alo Amegbetɔ Vi la, metrɔ yina dziƒo ake? 63Gbɔgbɔ Kɔkɔe la koe naa agbe mavɔ. Wɔna aɖeke mele ŋutilã la ya ŋu o. Nya siwo megblɔ na mi la Gbɔgbɔ la kple agbe la le wo me. 64Gake va se ɖe fifia la mia dometɔ aɖewo mexɔ dzinye se o.” Ke Yesu nya ame siwo mexɔ edzi se o kple ame si le ede ge asi la tso gɔmedzedzea me ke. 65Yesu gblɔ mlɔeba be, “Nya si megblɔ va yi lae nye nu si mewɔnɛ esi megblɔ be ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo la ŋutɔe hee ɖe ŋunye.”

66Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, eƒe nusrɔ̃la geɖewo trɔ dzo le egbɔ hegblẽe ɖi.

67Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃la wuieveawo ŋu eye wòbia wo bena, “Miawo hã miedi be yewoadzoa?”

68Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi? Wò ko sie agbe mavɔ nya la le. 69Míexɔe se eye mienyae bena wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔe la.”

70Yesu trɔ gblɔ nɛ be, “Mi ame wuievee metia, gake ame ɖeke le mia dome si nye Abosam!” 71Yesu gblɔ nya sia tso Yuda, Simɔn Iskariɔt vi, ame si nye ame wuieveawo dometɔ ɖeka, eye wònye ame si atsɔe ade asi na eƒe futɔwo la ŋu.

Copyright information for EweBEE